Mark 12:1-12

Lododo tso waingble kple agblea dzi nɔlawo ŋu

(Mateo 21:33-46; Luka 20:9-19)

1Lo siwo Yesu do na amehawo le ɣemaɣi la ƒe ɖewo nye esi, “Ame aɖe de waingble gã aɖe eye wòɖo gli ƒo xlãe, Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe afi si ame anɔ, adzɔ agblea ŋu ɣesiaɣi. Azɔ etsɔ agblea de agbledzinɔla aɖewo sime be woakpɔ edzi ale wòdzo yi du didi aɖe me. 2Le nuŋeɣi la, agbletɔ la dɔ eƒe subɔvi ɖeka ɖa be wòaxɔ agblemenukua ƒe akpa si nye yetɔ gome la vɛ na ye. 3Gake agblea dzi nɔlawo ƒo amedɔdɔa, eye wotrɔe ɖo ɖa asi ƒuƒlu.

4“Agbletɔa gaɖo ame bubu ɖa, gake woƒo eya hã vevie de abi gɔ̃ hã ta nɛ hedo ŋukpee. 5Ame si wògaɖo ɖa la wowu eya gɔ̃. Tso esia dzi woƒo amedɔdɔ siwo katã wòɖo ɖa la nublanuimakpɔtɔe eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. Wonɔ esia dzi ʋuu va se ɖe 6esime wòsusɔ ame ɖeka pɛ ko, eyae nye via ɖeka hɔ̃ si wòlɔ̃na vevie. Mlɔeba la nu gloe eye wòɖo eya hã ɖa, kple susu be woana bubui elabena enye ye vi.

7“Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔe wògbɔna ko la, wogblɔ be, Ame siae anyi agble sia ƒe dome le fofoa ƒe ku megbe. Mina míawui kaba, be agble gã sia nazu mía tɔ!” 8Ale wolée hewui eye wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe agblea godo.

9“Nu kae miebu be agblea tɔ awɔ ne ese nya sia? Ava kple dɔmedzoe ava wu ame vɔ̃ɖi siawo katã eye wòatsɔ agblea de ame bubuwo ƒe dzikpɔkpɔ te. 10Miɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe si nye kpe vevietɔ wu le xɔtukpeawo dome oa?’ 11Esia nye Aƒetɔ la ƒe nuwɔwɔ eye wònye nukunu le mía ŋkume.” 12Yudatɔwo ƒe kplɔlawo nɔ didim vevie be yewoalée le afi ma kokoko elabena wonya be yewo ŋue wòto alobaloa tsoe. Ke womete ŋui enumake o, elabena wovɔ̃ na ameha la. Ale wogblẽe ɖi hedzo.

Copyright information for EweBEE